Acts 16

Timoteo kpe ɖe Paulo kple Silas ŋu

1Teƒe gbãtɔ si Paulo kple Sila de lae nye Derbe. Emegbe woyi Listra. Le afi sia la wodo go nusrɔ̃la aɖe si ŋkɔe nye Timoteo ame si dada nye Yudatɔ kple Kristotɔ ke fofoa nye Helatɔ. 2Timoteo nye ɖekakpui aɖe si ƒe dɔwɔwɔ dze Kristotɔ siwo le Listra kple Ikonio ŋu nyuie ŋutɔ. 3Le esia ta Paulo bia tso esi be wòadze yewo yome le yewoƒe mɔzɔzɔ la me. Hafi woadze mɔ la, Paulo tso aʋa na Timoteo be wòaganye nuɖianu na Yudatɔ siwo le nutoa me la o, elabena ele nyanya me na ame sia ame be Helatɔe nye Timoteo fofo. 4Azɔ woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi henɔ tsatsam le duwo me. Afi sia afi si woɖo la, wogblɔa nya siwo dzi apostolowo kple hamemegãwo ɖo kpee le Yerusalem le Trɔ̃subɔlawo siwo zu kristotɔwo ŋu la na hameawo. 5Esia na be hameviawo tsi ɖe edzi le gbɔgbɔ me eye woƒe xexlẽme hã dzi ɖe edzi.

Paulo kpɔ ŋutega tso Makedonia

6Tso afi ma la, woyi Frigia kple Galatia nutome elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la meɖe mɔ na wo be woayi Asia nyigba dzi le ɣeyiɣi sia me o. 7Woto Misia liƒo dzi heyina Bitinia le anyiehe godzi. Ke Yesu ƒe gbɔgbɔ gaxe mɔ na wo eya ta womete ŋu yi Bitinia o 8ke boŋ woto Misia nutome heyi Troa.

9Le gbe ma gbe ƒe zã me la, Paulo kpɔ ŋutega aɖe. Ekpɔ ame aɖe si tsi tre ɖe Makedonia le Hela nyigba dzi nɔ kuku ɖem nɛ be, “Tso ƒu la nàva mía gbɔ le Makedonia le afii ne nàva kpe ɖe mía ŋu.” 10Enumake míeɖoe be míayi Makedonia elabena edze na mí kɔtee be Mawu le mía ɖom ɖe afi ma be míayi aɖagblɔ nyanyui la.

Lidia trɔ dzime le Filipi

11“Míeɖo tɔdziʋu le Troa va Samotrake eye le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Neapoli. 12Mlɔeba la míeva ɖo Filipo si nye Romatɔwo ƒe dutsotso aɖe si le Makedonia nyigba ƒe liƒo dzi tututu. Míenɔ afi ma ŋkeke geɖewo. 13Le Sabat dzi la míeyi tɔsisi aɖe si didi tso dua gbɔ vie la to afi si míese be ame aɖewo ƒoa ƒu ɖo doa gbe ɖa le, eye gbe ma gbe la míegblɔ mawunya na nyɔnu siwo va teƒea. 14Nyɔnu siawo dometɔ ɖekae nye Lidia si nye avɔdzrala aɖe tso Tiatira. Enye mawuvɔ̃la xoxo eye esi Paulo nɔ nu ƒom la Mawu ʋu eƒe dzi eye wòxɔ nya siwo katã Paulo gblɔ la dzi se. 15Esia ta míede mawutsita na eya kple eƒe aƒemetɔwo katã eye emegbe la ekpe mí be, míava dze ye ƒeme. Lidia gblɔ na mí be, ‘Ne miexɔe se tututu be nye hã menye Aƒetɔ la tɔ vavã la ekema miva dze gbɔnye.’ Eƒoe ɖe mía nu ʋuu va se ɖe esime míelɔ̃ yi ɖadze egbɔ.”

Wode Paulo kple Sila gaxɔme

16“Gbe ɖeka esi míenɔ mɔ dzi yina gbedoɖaƒe le tɔa to la, míedo go ɖetugbi aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ eye wòtea ŋu kaa afa na amewo eye to esia me wòwɔa ga geɖe ŋutɔ na eƒe aƒetɔ elabena kluvi wònye. 17Ɖetugbi sia nɔ mía yome nɔ ɣli dom be, ‘Ame siawo la, Mawu Dziƒoʋĩtɔ ƒe dɔlawo wonye eye ɖe wova be yewoafia mi ale si miawɔ be woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi.’”

18Ɖetugbi la wɔ nenem nu sia ŋkeke geɖe ke gbe ɖeka la, eva glo Paulo ale wòtrɔ ɖe ɖetugbi la ŋu heblu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ si le eme la ta be, “Mele gbe ɖem na wò le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be do go le ɖetugbi sia me fifi laa!” Gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le eme enumake.

19Nuwɔna sia do dziku na ɖetugbi sia ƒe aƒetɔwo elabena wobu woƒe gakpɔmɔnu. Le esia ta wona wolé Paulo kple Sila hekplɔ wo yi ʋɔnudrɔ̃la gãwo ƒe ŋkume le dutoƒo.

20Nutsotso si wowɔ ɖe wo ŋu na dumemegãwo lae nye be, “Yudatɔ siawo va le to gblẽm na amewo le dua me 21be woawɔ nu siwo tsi tre ɖe Romatɔwo ƒe sewo ŋu.”

22Kasia, amehe gã aɖe va ƒo ƒu henɔ ɣli dom. Edze ƒã be woɖo be yewoawɔ ʋunyaʋunya. Le esia ta dumemegãwo bu fɔ Paulo kple Sila eye woɖe gbe be woaƒo wo kple ati. 23Esi woƒo wo wòte wo ŋu nyuie la, wotsɔ wo de gaxɔ me, eye wogblɔ na gaxɔdzikpɔla vevie be ne menya o ameawo si la ekema eya ŋutɔ aku. 24Le esia ta gaxɔdzikpɔla hã mefe kpli wo kura o. Etsɔ wo de gaxɔa ƒe gogloeaƒe ke eye wòde ga afɔ na wo sesĩe.

25Le zã bliboa me la Paulo kple Sila nɔ gbe dom ɖa nɔ ha dzim nɔ Mawu kafum. Gaxɔmenɔla bubuawo hã nɔ woƒe hawo sem. 26Le zã ga wuieve me tututu la, anyigba ʋuʋu sesĩe eye gaxɔ bliboa ʋuʋu kpekpekpẽ, ʋɔtruawo katã ʋu le wo ɖokuiwo si eye ga si wode gaxɔmenɔla ɖe sia ɖe la ɖe ɖa. 27Esi gaxɔdzikpɔla nyɔ tso alɔ̃ me eye wòkpɔ be ʋɔtruawo katã nɔ ʋuʋu ɖi la, vɔvɔ̃ ɖoe elabena ebu be gamenɔlawo katã si dzo. Le esia ta, eɖe eƒe yi le aku me be yeawu ye ɖokui.

28Ke Paulo do ɣli gblɔ nɛ be, “Nɔvi, mègawɔ nuvevi ɖokuiwo o; mí katã míele afii.”

29Enumake gaxɔdzikpɔla la bia akaɖi; ƒu du yi ɖe eme eye wòdze klo ɖe Paulo kple Sila ƒe afɔ nu le dzodzo nyanyanya me. 30Ekplɔ wo do goe hebia be, “Aƒetɔ, nu kae le nam be mawɔ bena makpɔ ɖeɖe?”

31Woɖo eŋu nɛ be, “Ne èxɔ Aƒetɔ Yesu dzi se la, ekema wò kple wò aƒe blibo la miakpɔ xɔxɔ. 32Wogblɔ Aƒetɔ la ƒe nya nɛ kple eƒe aƒemetɔwo katã. 33Le zã ma ke me gaxɔdzikpɔla klɔ woƒe abiwo na wo; eye enumake wode mawutsi tsi ta na eya kple eƒe aƒe bliboa. 34Ena nu wo, woɖu eye aƒea me tɔwo katã yɔ fũ kple dzidzɔ elabena wotrɔ zu Mawu dzi xɔselawo.”

35Le ŋdi me la ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo kpovitɔwo ɖe gaxɔdzikpɔla la kple gbeɖeɖe sia be, “Ɖe asi le ŋutsu mawo ŋu ne woadzo.” 36Gaxɔdzikpɔla la gblɔ nya la na Paulo be, “Ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo gbe ɖa be woaɖe asi le wò kple Sila ŋuti. Eya ta miate ŋu adzo azɔ. Miheyi le ŋutifafa me.”

37Ke Paulo gblɔ na kpovitɔwo be, “Woƒo mí le dutoƒo ʋɔnumadrɔ̃madrɔ̃e, togbɔ be míenye Romatɔwo hã; wode mi gaxɔ me, ke azɔ la woaɖe mí ado goe le adzamea? Gbeɖe! Ɖe ko woawo ŋutɔ nava hafi woakplɔ mi adoe.”

38Kpovitɔ siwo wodɔ ɖo ɖe gaxɔdzikpɔla gbɔ la trɔ va gblɔ Paulo ƒe nya la na ʋɔnudrɔ̃lawo eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ esi wose be Paulo kple Sila nye Romatɔwo ta. 39Dumemegãwo ɖe able va wo gbɔ le gaxɔe me eye woɖe kuku na wo be woado go adzo le dua me. 40Paulo kple Sila trɔ yi Lidia ƒe aƒeme, eye xɔsetɔwo va ƒo ƒu ɖe wo ŋu eye wogagblɔ nyanyui la na wo hafi dzo le dua me.

Copyright information for EweBEE